Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; miawo la miedoa gbe da na nusi mienya; elabena xoxo la tso Yudatɔwo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la, míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:22
20 Referans Kwoze  

Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm.


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;


Eɖe eƒe nya fia Yakob, eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo fia Israel.


Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o.


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Woakafu Aƒetɔ la gbeawotsyogbe! Eya, míaƒe xɔname ƒe Mawu la, le mía tsam. Sela.


Mehe nye dzɔdzɔenyenye va kpuiƒee, mele adzɔge o, eye nye xɔname mahe de megbe o; mana xɔname Zion kple nye atsyɔ̃ Israel.


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


wova Zerubabel kple aƒekɔwo ƒe lalɔwo gbɔ gblɔ na wo bena; Míawo hã míatui kpli mi, elabena míele mía Mawu la dim abe míawo ke ene, eye eya míele vɔ sam na tso gbesigbe Asur-fia Asar-Xadon kple mi va afisiae la.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.


ekema megaƒo adegbe ɖe alɔwo ŋuti o, ke ne èƒo adegbe la, menye wòe lé kè la ɖe asi o, hafi kè lae lé wò ɖe asi boŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite