Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, na tsi siam, bena tsikɔ nagawum alo mava afisia tsi du ge o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Nyɔnu la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem, be tsikɔ magawum ne mava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:15
11 Referans Kwoze  

Tete wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, na abolo sia mí ɖaa.


Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miele diyem, menye bena, miekpɔ dzesiwo o; ke boŋ bena, mieɖu aboloawo ƒe ɖe, eye míeɖi ƒo.


Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Egblɔ nɛ bena: Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia.


Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite