Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:35
25 Referans Kwoze  

Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via,


Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa.


Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ bena: Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame,


esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la,


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Elabena etso nuwo katã de eƒe afɔ te. Ke ne egblɔ bena, wotsɔ nuwo katã de ete la, edze ƒã bena, amesi tso wo katã de ete la, mele eme o.


Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!


amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,


eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã mana woawo me.


Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene.


Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me!


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawiokatãɣi;


Ke esi dɔ va Egipte-nyigba blibo la dzi la, dukɔ la ƒo zi va bia nuɖuɖu Farao. Eye Farao gblɔ na Egiptetɔwo bena: Miyi Yosef gbɔ, eye nusi wòagblɔ na mi la, miawɔe.


Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Nye enye Farao, ke ne wòa melɔ̃ o la, amea ɖeke mate ŋu akɔ eƒe asi alo afɔ dzi le Egipte-nyigba blibo la dzi o.


Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite