Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Amesi le eƒe ɖaseɖiɖi xɔm la, eya ɖo kpe edzi bena, Mawue nye nyateƒetɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:33
17 Referans Kwoze  

Eyata esi Mawu lɔ̃ be, yeaɖe yeƒe adaŋudede ƒe limaɖɔmaɖɔ afia ŋugbedodo ƒe domenyilawo kɔte wu la, etso nutàta heɖo kpe edzi,


amesi me miawo hã miele, esime miese nyateƒe la ƒe nya, si nye miaƒe xɔxɔ ƒe nyanyuie la, amesi me hã, esime miexɔ se la, wotre mia nu kple ŋugbedodo ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la le,


amesi tre mia nu hã, eye wòna Gbɔgbɔ ƒe a wɔbanu mí le míaƒe dziwo me.


Ke Mawue nye nuteƒewɔla, bena miaƒe nya, si miegblɔ na mi la, menye ẽ kple o o.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.


Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã,


Azɔ la, ne mewu esia nu, eye metre nenem kutsetse sia nu na wo la, matso mia gbɔ ayi Spania.


Ne nyemenye apostolo na ame bubuwo o hã la, menyee na mi; elabena miawoe nye nye apostolonyenye ƒe nutrenu le Aƒetɔ la me.


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míeɖo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mia me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite