Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Nusi wòkpɔ kple nusi wòse la, eya ŋuti wòɖia ɖase lena, eye amea ɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖi la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:32
13 Referans Kwoze  

Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Míeƒoa nu le nusi mienyã la ŋuti, eye mieɖia ɖase le nusi míekpɔ la ŋuti, eye miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi la o.


Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.


Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa.


Amesi le eƒe ɖaseɖiɖi xɔm la, eya ɖo kpe edzi bena, Mawue nye nyateƒetɔ.


Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ.


Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?


Nukaŋuti meva, eye amea ɖeke meli o, meyɔ ame, eye amea ɖeke metɔ o? Ɖe nye alɔ le kpuie, be wòagbe xɔxɔ na amea? eye ɖe ŋusẽ mele ŋunye, be maɖe ame oa? Kpɔ ɖa, matsɔ nye nyanyrã ana atsiaƒu namie, eye mana tɔsisiwo nazu tagba, wo me lãwo aƒaƒã, elabena tsi megale wo ŋu o, eye tsikɔ awu wo woaku.


elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.


Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite