Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 “Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:31
22 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Miawo lã anyigba mietso, ke nye la dziƒo metso; miawo la xexe sia me mietso, nye la nyemetso xexe sia me o:


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.


Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo.


Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


amesi le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o.


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Azɔ la mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigba dzi kɔkɔeƒe li na nubabla gbãtɔ hã.


Nenem me sia enye amesi ŋuti megblɔ le be: Ŋutsua ele le megbenye gbɔna, si tre vava nam, elabena eli, hafi meli.


Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli.


Eyama latsi de edzi tsã; ke nye la mayi to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite