Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Mia ŋutɔwo mieɖi ɖase nam be, megblɔ bena: Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dodo menye le eyama ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi be, ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dɔdɔ menye le eyama ŋgɔ.’

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:28
12 Referans Kwoze  

Eye woʋu me, eye mese nu o, eye wòʋu me bena: Menye nyee nye Kristo la o.


Egblɔ bena: Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: „Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo“ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Elabena nenem me sia enye ame, si ŋuti wogblɔ nya ɖi le to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtalawo dzɔdzɔe.“


Eye wobiae gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle mawutsi dem ta na amewo, esi menye Kristo alo Eliya alo nyagblɔɖila nènye o mahã?


Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋitɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mowo ɖo,


amesi le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite