Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi geɖe le afima, eye amewo va, eye wona wòde mawutsi ta na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ke Yohanes hã nɔ mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo nɔ vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:23
13 Referans Kwoze  

Azɔ egblɔ na ameha, siwo do go, bena wòaɖe mawutsi ta na yewo la bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.


Dawò nye weinka wodo ɖe to to abe wò ene, etse fũ, eye wòto aŋgba mlamlamla le tsi geɖe ta.


Wò amesi le lɔ gãwo to, eye kesinɔnu ɖo agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la ɖe!


Eye wotsa le Efrayim-to kple Salisa-nyigba dzi womekpɔ wo o; wotsa le Saalim-nyigba dzi, ke womelé afima o, eye wotsa le Benyamin-nyigba dzi, gake womekpɔ wo o.


Esi Yakob ʋu tso Mesopotamia la, eɖo Sixem, du, si le Kanaan-nyigba dzi la me dedie, eye wònɔ dua xa.


Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene.


eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene.


Nusiawo megbe la Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Yudea-nyigba dzi, eye wònɔ afima kpli wo, eye wòde mawutsi ta na amewo.


Elabena womede Yohanes gaxɔ me haɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite