Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 3:19
33 Referans Kwoze  

Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexa nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.


ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe:


elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?


Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,


Eya me agbe le, eye agbe la nye amewo ƒe kekeli la.


Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Eye farisitɔwo, siwo nye galɔ̃lawo la, se nusiawo katã, eye woɖo hehe ɖe eta.


amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi,


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, malólo wo, eye mado wo akpɔ; elabena aleke mawɔ le nye dukɔ ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta?


Eye kekeli la klẽna le viviti me, eye viviti la mexɔe o.


Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye.


Azɔ xexe sia me ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖo: fifi ko woatsɔ xexe sia me fia la aƒu gbe.


Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.


golo, sagbaɖre, tsalɛ kple xe ƒonu ƒomeviwo katã,


Eye ne nunɔla la kpɔ bena, eŋu ɖo loholoho ɣie, eye fuawo trɔ zu ɣie, alo adzu ɖo loholoho la me la,


Esia enye tohehe na Egipte kple dukɔ, slwo katã mava, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite