Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 21:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 21:7
20 Referans Kwoze  

Eye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si Yesu lɔ̃na la, via ɖe ekɔme.


Tete wòƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu, si Yesu lɔ̃na la gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Wotsɔ Aƒetɔ la le yɔdo la me yii, eye mienyã afisi wotsɔe ɖada ɖo o.


Eye esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔla, si wolɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Amesia nye nusrɔ̃la, si le ɖase ɖim le nusiawo ŋuti, eye wòŋlɔ nya siawo, eye míenyãe bena, eƒe ɖaseɖiɖi lanye nyateƒe.


Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã?


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.


Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na.


elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me.


Eye ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Nukaŋuti miele esia wɔm mahã la, migblɔ be: Aƒetɔ la le ehiãm, eye enumake aɖoe ɖe afisia.


Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisi gãwo mate ŋu akplɔe adzoe o. Ne amea ɖe be, yeatsɔ eƒe aƒe me kesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, ɖeko woade alɔme te eŋu.


Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me.


Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, tsi nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o.


Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la.


Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!


Eye esi wògblɔ esiawo la, etsɔ eƒe asiwò kple eƒe axada me hefiã wo. Ke esi nusrɔ̃lawo kpo Aƒetɔ la la, dzi dzo wo.


Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim;


Ke nusrɔ̃la bubuawo le ʋuvi la me va; elabena woawo kple gota dome medidi o, anɔ abɔ alafa eve ko, eye wole ɖɔ, si yɔ fũ kple lãwo la hem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite