Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 21:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ lãgbalẽ, siwo ŋlɔ ge wòala o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 21:25
12 Referans Kwoze  

Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o.


Kpɔ ɖa, esiawo nye eƒe mɔwo to ko, eye nusi sem miele la, enye dalidodo. Ke ameka ate ŋu abe eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?


Eye nuka míagagblɔ mahã? Elabena ɣeyiɣi la made nam be, magblɔ nya le Gideon, Barak, Simson, Yefla, Dawid, Samuel kple nyagblɔɖilawo ŋuti o,


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Hekpe ɖe esia ŋu la, vinye, na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋufilã ŋu.


Tete Amazya, amesi nye nunɔla le Betel la, dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yerobeam, ne woagblɔ nɛ bena: Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome; anyigba la magaɖo dzi atso eƒe nyawo katã o.


Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee.


Eye amesiwo kpɔe la, woxlẽ nusi wòwɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, kple hawo ŋutinya hefiã wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite