Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 21:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete nya sia ɖo nɔviawo dome bena, nusrɔ̃la ma mele kuku ge o; eye Yesu megblɔ ne bena, mele kuku ge o, ke boŋ: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 21:23
12 Referans Kwoze  

Nukaŋuti nele dzra wɔm kplii, le esi medo wò nyawo katã ŋu na wò o taa?


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Afisi miekpɔ nɔviwo le, eye woɖe kuku na mí bena, mianɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; eye ale mieva Roma.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Elabena zi alesi míeɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbe ƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va.


Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ.


negbe nusi le mia si la, milé eme ɖe asi sesĩe, vaseɖe esime mava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite