Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 21:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Egagblɔ nɛ zi evelia bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Kpo nye alẽawo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, elɔ̃m vavã?” Petro ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema lé be na nye alẽawo.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 21:16
18 Referans Kwoze  

Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.


Elabena eya nye mía Mawu, eye míawo míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe kple eƒe si me lẽwo. Egbegbe, ne miese eƒe gbe la,


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Ke Simon Petro le tsitre le dzo ƒum. Eye wogblɔ nɛ bena: Alo wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye mahã? Eyama sẽ nu gblɔ bena: Menye nyee o.


Tete dɔlanyɔnu, si nye ʋɔtrunudzɔla la, gblɔ na Petro bena: Wò hã, ɖe menye amesia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye o mahã?


Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.


Eye wògasẽ nu kple atamkaka gblɔ bena: Nyemenya ame la o.


eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene;


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite