Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 21:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yesu gblɔ na wo bena: Miva ɖu nu. Ke nusrɔ̃lawo dometɔa ɖeke medo dzi biae bena: Ameka nènye mahã o, elabena wonyae xoxo bena, Aƒetɔ lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 21:12
9 Referans Kwoze  

menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.


Yesu dze sii bena, wole didim be, yewoabiae, eye wògblɔ na wo bena: Alo esi megblɔ bena: Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miakpɔm la, esia ŋutie miele mia nɔewo biam ɖo mahã?


Azɔ esi woɖu nu vɔ la, Yesu gblɔ na Simon Petro bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu nenem me siawo mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽviawo.


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wova le ebiabia ŋuti.


Wole esia dzi eƒe nusrɔ̃lawo va, eye wòwɔ mo yaa na wo bena, ele nu ƒom kple nyɔnua ɖe, gake amea ɖeke megblɔ bena: Nuka dim nèle alo nuka nu ƒom nèle kplii mahã o.


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wòle ɣaɣla ɖe wo bena, ne womagadze sii o, eye wova le nya sia biabia ŋuti.


Eye amea ɖeke mete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ, alo do dzi gabia nyaa ɖee tso ŋkeke ma dzi heyina o.


Simon Petro yi ɖalia ʋu la, eye wòhe ɖo la va gota, eye wòyɔ fũ kple lã gã alafa kple blaatɔ̃ vɔ etɔ̃, eye esi wosɔ gbɔ ale hã la, ɖo la medze o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite