Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 20:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 20:27
13 Referans Kwoze  

Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.


Eye esi wògblɔ esiawo la, etsɔ eƒe asiwò kple eƒe axada me hefiã wo. Ke esi nusrɔ̃lawo kpo Aƒetɔ la la, dzi dzo wo.


Ke eya la nublanuikpɔla wònye, etsɔa vodada kena, eye metsrɔ̃a ame o; eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea esi le eƒe dziku katã ŋu o.


Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu,


Eye esi wògblɔ esia la, etso eƒe asiwo kple eƒe afɔwo hefiã wo.


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi.


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Mikpɔ nye asiwo kple nye afɔwo ɖa bena, nye ŋutɔe nye esi; miƒo asi ŋunye, eye miakpɔe; elabena lã kple ƒu meli na gbɔgbɔ, abe alesi miekpɔ le ŋunye la ene o.


Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite