Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 20:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esi wògblɔ esiawo la, etsɔ eƒe asiwò kple eƒe axada me hefiã wo. Ke esi nusrɔ̃lawo kpo Aƒetɔ la la, dzi dzo wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 20:20
9 Referans Kwoze  

Azɔ miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi, eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, amea ɖeke maxɔe le mia si o.


Nusi li tso gɔmedzedzea me, nusi miese, nusi míekpɔ kple míaƒe ŋkuwo, nusi míekpɔ kɔte, eye míeƒo asii kpɔ, le agbenya la ŋuti —


Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.


ke boŋ asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ eƒe axada me, eye enumake ʋu kple tsi do go.


Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.


Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite