Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya fute la Maria, Magdalatɔ, va yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ bena, woɖe kpe la ɖa le yɔdo la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 20:1
19 Referans Kwoze  

Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le.


eye wòtsɔe mlɔ ye ŋuta ƒe yɔdo yeye, si wòna woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye esi wòmũ kpe gãa ɖe ɖo yɔdo la nu la, edzo.


Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu.


Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi!


Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe atitsoga la gbɔ.


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Eyata de se bena, woadzo yɔdo la ŋu vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe, bene eƒe nusrɔ̃lawo magava afii ayii, eye woagblɔ na amewo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome, eye beble megbetɔ la nagavɔ̃ɖi wu ŋgɔgbetɔ la o.


Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


amesiwo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, si nye Yakobo kple Yosef dada, kple Zebedeo ƒe viwo dada wole.


Eye wodzo heyi ɖatre kpe la ɖe enu, eye woɖo dzɔlawo afima.


Ke le ŋkeke, si dze Sabat yome, si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, Maria, Magdalatɔ, kple Maria keme la wova yɔdo la kpɔ ge ɖa.


Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.


Tete Yesu gale dɔmedzoe dom le eɖokui me heva yɔdo la gbɔ. Ke enye ɖo, eye kpe le enu.


Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite