Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 2:5
12 Referans Kwoze  

Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Maɖu nusi tso weinka ŋu o, mano wein alo aha muamea ɖeke o, eye maɖu nu makɔmakɔa ɖeke o; ke boŋ woawo nusiwo katã ŋu meɖe se nɛ le la dzi.


Ke esi dɔ va Egipte-nyigba blibo la dzi la, dukɔ la ƒo zi va bia nuɖuɖu Farao. Eye Farao gblɔ na Egiptetɔwo bena: Miyi Yosef gbɔ, eye nusi wòagblɔ na mi la, miawɔe.


Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii.


Eye wòyi lugbɔƒe la hewɔ, abe alesi lɔ̃xoa gblɔ nɛ pɛpɛpɛ ene.


Eye mewɔ, abe alesi wode se nam ene: Metsɔ nye agba la do goe le ŋkeke me abe mɔzɔgba ene, eye metsɔ asi ŋɔ gli la le fiẽ; esi blukɔ do la, metsɔe dzoe, eye mekɔe ɖo abɔta le wo ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite