Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 2:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Azɔ Yudatɔwo gblɔ bena: Mawuxɔ sia tutu xɔ ƒe blane vɔ ade sɔŋ, eye wò la àgagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃agbe mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Yudatɔwo gblɔ be, “Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 2:20
6 Referans Kwoze  

Tete Sesbazar sia va ɖo mawuxɔ la ge me anyi le Yerusalem, eye wole etutu dzi tso ɣemaɣi vaseɖe fifi, womekpɔ wu enu o.


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu,


eye wowu xɔ la kple eŋu nuwo katã nu ɖe eƒe ɖoɖowo katã nu le ƒe wuiɖekɛlia me le ɣleti Bui, si nye ɣleti enyilia dzi. Ale wotui ƒe adre sɔŋ.


Eye esi Yesu do go la, egblẽ mawuƒe la ɖi dzo yina, eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ, bena woafia mawuxɔ ƒe tutumewoe.


Eye esi amea ɖewo le nu ƒom le mawuxɔ la ŋuti, alesi woɖo atsyɔ̃ nɛ kple kpe nyuiwo kpakple nunana, siwo ŋuti wokɔ na Mawu la, egblɔ bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite