Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 2:15
7 Referans Kwoze  

Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me —


Azɔ, esi wògblɔ na wo bena: Nyee nye esi la, wozɔ gbugbɔɖemegbee, eye wodze anyi.


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi;


Eye wòkpɔ amesiwo le nyiwo kple alẽwo kple akpakpawo dzram kpakple amesiwo le ga ɖuɖɔm la bɔbɔ nɔ anyi le mawuƒe la me.


eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o!


Tete asrafoawo tso batala ŋu tagbiawo, eye wona wòdze tɔa me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite