Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi nunɔlagãwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti! Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplae yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti, elabena nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:6
15 Referans Kwoze  

Tete Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplɔe yii, ne miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Womeɖe mɔ na mi bena, míawu amee,


Pilato gado go, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, mekplɔe do go vɛ na mi, ne miadze sii bena, nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Ke woawo do ɣli gblɔ bena: Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti. Pilato gblɔ na wo bena: Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia? Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ bena: Fiãa ɖeke mele mia si o, negbe kaisaro ko.


Eye Pilato gblɔ na nunɔlagãwo kple amehawo bena: Nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o.


Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!


Pilato gblɔ na wo bena: Ekema nuka mawo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã? Wo katã wogblɔ bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti!


Ke Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã ƒe mɔ̃ la gbɔ, eye wòyi ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dɔlawo gbɔ, bena yeakpɔ alesi woawu nui.


Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Pilato gblɔ nɛ bena: Nukae nye nyateƒe? Eye esi wògblɔ esia la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eyama ŋuti o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite