Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ale Yesu do go, ŋutsihe la le eta, eye awu dzi la hã le eŋu enye esi. Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ amea ɖa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:5
8 Referans Kwoze  

Eye asrafoawo tso ŋu he tsihe, eye wotsɔe ɖo nɛ, eye wodo awu dzi nɛ:


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.


Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!


Eyata mi amesiwo katã va to mɔ dzi yina, miɖo ŋku anyi, ne miakpɔ nu be, vevea ɖe ɖe vevesese, si va dzinye, kple nuxaxa, si Yehowa ɖo nam le eƒe dɔmedzɔe heliheli ɖogbe la nu mahã?


Eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodze klo ɖe eƒe ŋku me, ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite