Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Elabena nusiawo va ve me, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Wo-mele eƒe ƒua ɖeke ŋe ge o!“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:36
10 Referans Kwoze  

Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.


Womagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã ƒua ɖeke hã o. Woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la ɖe ɖoɖo, siwo katã le eŋu la nu.


Xɔ ɖeka me woaɖui ale; migatsɔ lã la ƒe ɖeke do go le xɔ me ɖe xexe o, eye migagbã eƒe ƒua ɖeke o.


Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!


Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:


Nye ƒuwo katã agblɔ bena: Yehowa, amekae ɖe nuwò? Wò amesi ɖe hiãtɔ tso amesi tri akɔ wui la si me, kpakple hiãtɔ kple ame dahe tso amesi ɖa adzoe la si me.


Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Migana miadze eya o, ke boŋ miadzidze nu ɖe edzi, amesi tɔ woazu, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu, si gblɔ bena: „Womã awunyewo na wo nɔewo, eye nye awu ʋlaya la wodzidze nu ɖe edzi.“ Nenem nusiawo asrafoawo wɔ.


Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Esia nye nya, si Yehowa gblɔ na Yehu bena: Viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi: eye nenema wòva mee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite