Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Azɔ esi wònye dzadzraɖoŋkeke la, Yudatɔwo bia Pilato bena, woaŋe woƒe afɔwo, eye ne woaɖe wo ɖa, bena ame kukuwo nagatsi atitsoga ŋu le Sabat dzi o; elabena Sabat gãe nye ŋkeke ma.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Azɔ enye Dzadzraɖoŋkeke, eye ŋkeke si kplɔ esia ɖo la anye Dzudzɔgbe ŋkeke tɔxɛ. Yudatɔwo medi be ame kukuawo nanɔ atitsogawo ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, eya ta wobia tso Pilato si be wòana woaŋe woƒe afɔwo be woaku kaba ne woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:31
12 Referans Kwoze  

Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!


Afima wotsɔ Yesu mia, le Yudatɔwo ƒe dzadzraɖoŋkeke la ta; elabena yɔdo la gbɔ medidi o.


Eye esi fiẽsi ɖo la, elabena enye dzadzraɖoŋkeke, si dze Sabat ŋgɔ,


Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.


Tete Pilato tso Yesu na woƒo kple atam.


Mi amesiwo ɖua nye ɖukɔ ƒe lã, miefloa agbalẽ lewo ŋu, eye miegbãa woƒe ƒuwo; mieflia wo dea ze abe lã ene, eye abe lã le kutu me ene.


Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃diwo.


Le ŋkeke gbãtɔ dzi miawɔ takpekpe kɔkɔea de, eye le ŋkeke adrelia dzi hã miawɔ takpekpe kɔkɔea ɖe. Migawɔ dɔa ɖeke le wo dzi o, negbe nusi amesiame aɖu la, eya ko miaɖa.


Eye le dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke dzi la nunɔlagãwo kple farisitɔwo va kpe ta ɖe Pilato gbɔ gblɔ bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite