Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye nane le afima, si me aha tsitsi le fũ, tete wotsɔ ƒumekutsa, si me wode aha tsitsii fũ la, lɔ ɖe ayeti nu heɖo nu nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:29
9 Referans Kwoze  

Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.


Eye asrafo, siwo va egbɔ, be woatsɔ aha tsitsi nɛ la, hã ɖu fewu le eŋuti


Eye ame ɖeka ƒu du, eye wòkɔ aha tsitsi ɖe ƒumekutsa me, eye wòtsɔe ɖo ayeti nu hekpe ne gblɔ bena: Miɖe asi le eŋu; mina míakpɔ be, Eliya ava ɖee ɖe anyi hã.


Eye enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa, eye wòkɔ aha tsitsi ɖe eme fũ, eye wòtsɔe ɖo ayeti nu hekpe ne.


Eye mitsɔ isop babla nyrɔ̃ ɖe ʋu, si le ze me la me, eye miatsɔ ʋu, si le zea me la, asisi ɖe ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti. Ke mia dometɔa ɖeke megado go le xɔ me ɖe ʋɔtru nu, vaseɖe ŋu nake o!


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


wotsɔ aha tsitsi kple veve tɔtɔ ɖo nu nɛ; eye esi wòɖoe kpɔ la, egbe be, yemele eno ge o.


Eye Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtso eƒe gbɔgbɔ la hena.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite