Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:28
14 Referans Kwoze  

Vlododo gba nye dzi, eye wode dɔlã me nam; mekpɔ mɔ na babadoname, ke dzodzroa, eye na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam.


Eye esi Yesu xɔ aha tsitsia la, egblɔ bena: Wowu nu vɔ! Eye wòde ta anyi, eye wòtsɔ gbɔgbɔ la na.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: „Eye wobui ɖe vodalawo dome;“ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.


Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Migana miadze eya o, ke boŋ miadzidze nu ɖe edzi, amesi tɔ woazu, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu, si gblɔ bena: „Womã awunyewo na wo nɔewo, eye nye awu ʋlaya la wodzidze nu ɖe edzi.“ Nenem nusiawo asrafoawo wɔ.


Eye wòyɔ ame wuieveawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋuti la nu.


Ke esi Yesu nya nusiwo katã le edzi va ge la, edo go, eye wògblɔ na wo bena: Ameka dim miele?


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Eye esi wowu nusiwo katã woŋlɔ ɖi le eŋuti la nu la, woɖee le ati ŋu, eye wotsɔe mlɔ yɔdo me.


amesiawo ɖe wo ɖokui fia le ŋutikɔkɔe me, eye woƒo nu le eƒe gododo, si nu wu ge wòala le Yerusalem la ŋuti.


Ke ele nam be, woade mawutsi ta nam kple mawutsia ɖe, eye ale wotee ɖe ŋunye, vaseɖe esime woawu enu!


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si netsɔ nam, be mawɔ la nu.


Elabena nusiawo va ve me, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Wo-mele eƒe ƒua ɖeke ŋe ge o!“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite