Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔla, si wolɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:26
6 Referans Kwoze  

Amesia nye nusrɔ̃la, si le ɖase ɖim le nusiawo ŋuti, eye wòŋlɔ nya siawo, eye míenyãe bena, eƒe ɖaseɖiɖi lanye nyateƒe.


Tete wòƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu, si Yesu lɔ̃na la gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Wotsɔ Aƒetɔ la le yɔdo la me yii, eye mienyã afisi wotsɔe ɖada ɖo o.


Eye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si Yesu lɔ̃na la, via ɖe ekɔme.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.


Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.


Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite