Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:20
11 Referans Kwoze  

Eye woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.


Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“


Eye esi wose bena, ele nu ƒom na wo le Hebri-gbe me la, wogazi ɖoɖoe klene wu tsãtɔ;


Eye esi wòna mɔe la, Paulo le tsitre ɖe atrakpuiawo dzi, eye wòɖo asi ameha la dzi; eye esi ɖoɖoe zi klene la, egblɔ na wo le Hebrigbe me bena:


Azɔ esi wole Paulo kplɔ ge ayi mɔ̃a me la, egblɔ na aʋafia gã la bena: Ɖe mekpɔ ma agblɔ nyaa ɖe na wòa? Eye wògblɔ bena: Esea Hela-gbea?


Azɔ esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi le teƒe, si woyɔna be Kpenyigba, eye le Hebri-gbe me la enye Gabata.


Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le.


Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla).


Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti.


Eye nuŋɔŋlɔ hã le eƒe tagbɔ, esi woŋlɔ ɖe Helatɔwo, Romatɔwo kple Hebritɔwo ƒe gbe me bena: Esia nye Yudatɔwo ƒe fia la!


Afima wotsɔ Yesu mia, le Yudatɔwo ƒe dzadzraɖoŋkeke la ta; elabena yɔdo la gbɔ medidi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite