Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, Yesu Nazaretitɔ, Yudatɔwo ƒe Fia.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:19
14 Referans Kwoze  

Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi!


Eye nuŋɔŋlɔ hã le eƒe tagbɔ, esi woŋlɔ ɖe Helatɔwo, Romatɔwo kple Hebritɔwo ƒe gbe me bena: Esia nye Yudatɔwo ƒe fia la!


Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la.


Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!


Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli!


Tete Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato bena: Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ bena eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye.


Tso esia dzi la Pilato di be, yeaɖe asi le eŋu; ke Yudatɔwo do ɣli gblɔ bena: Ne ekatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema menye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tso eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.


eye wova egbɔ gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tome nɛ.


Azɔ Pilato gayi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye wòyɔ Yesu, eye wògblɔ ne bena: Alo wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã?


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


Nye la mebu le ɖokuinye me bena, ele nam be, mawɔ nu geɖe, siwo atsi tre ɖe Yesu, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔ la ŋuti.


eye wòva nɔ du, si woyɔna be Nazaret la me, bene woawu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖilawo dzi la nu bena: Woayɔe be Nazaretetɔ.


Eye woto nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae le eŋuti tom.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite