Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Azɔ esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi le teƒe, si woyɔna be Kpenyigba, eye le Hebri-gbe me la enye Gabata.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata).

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:13
16 Referans Kwoze  

Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!


Eye esi Pilato se nya sia la, evɔ̃ wu tsãtɔ;


Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Miva amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃!


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


Amekae le ŋɔ dzim na wò, eye ameka vɔ̃m nèle, be nèzu alakpatɔ, meɖo ŋku dzinye o, eye nya mede dzigbɔ na wò o? Esi mezi kpi eteƒe didi la, menye eyatae negbem vɔvɔ̃ ɖo oa?


Le afiawo katã la anyigba ƒe viɖe wònye, ne fia tsa agbledede ɖo ɖɔe.


Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le.


Eye fia Zedekiya gblɔ na Yeremya bena: Mele vɔvɔ̃m le Yudatɔ, siwo yi Kaldeatɔwo dzi la la, be woava tsɔm ade asi na wo, ne woawɔ funyafunyam.


Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;


Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite