Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 19:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Pilato gblɔ nɛ bena: Mele nu ƒo ge nam oa? Mènyae bena, mekpɔ ŋusẽ be, maɖe asi le ŋuwò, eye mekpɔ ŋusẽ be, maklã wò ɖe ati ŋuti oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Pilato gblɔ be, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 19:10
5 Referans Kwoze  

Ke kɔnuwɔwɔ le mia si bena, maɖe asi le ame ɖeka ŋuti na mi le ŋutitoto la dzi; mielɔ̃ azɔ bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã?


Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi.


eye wòyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe lɔ, eye wògblɔ na Yesu bena: Afika nètso? Ke Yesu meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite