Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 18:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae! Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye esi! Ke Yuda hã, amesi fia eyome mɔ la, le tsitre ɖe wo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” (Eye Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.)

Gade chapit la Kopi




Yohanes 18:5
8 Referans Kwoze  

Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la.


Natanael gblɔ nɛ bena: Ɖe nu nyuia ɖe ate ŋu atso Nazaret mahã? Filipo gblɔ nɛ bena: Va kpo.


Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


eye wòva nɔ du, si woyɔna be Nazaret la me, bene woawu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖilawo dzi la nu bena: Woayɔe be Nazaretetɔ.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.


Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.


Ke esi Yesu nya nusiwo katã le edzi va ge la, edo go, eye wògblɔ na wo bena: Ameka dim miele?


Azɔ, esi wògblɔ na wo bena: Nyee nye esi la, wozɔ gbugbɔɖemegbee, eye wodze anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite