Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 18:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Tete la wo katã gaɖo ɣli gblɔ bena: Menye amesia o, ke boŋ Baraba. Ke Baraba la adzodalae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Ke ameawo do ɣli gblɔ be, “Gbeɖe, menye eya o! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” Baraba sia nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me la.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 18:40
8 Referans Kwoze  

Nenem eye wòɖe asi le amesi wòlé de gaxɔ me le zitɔtɔ kple hlɔ̃dodo ta la ŋu na wo, amesi wòbia; ke Yesu la, edee asi na woƒe lɔlɔ̃nu.


Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Ke gatɔ ɖeka li, si woyɔna be Baraba, hekpe ɖe amesiwo na zi to la ŋuti: amesiwo do hlɔ̃ le zitɔtɔ la me.


Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti.


Ke le ɣemaɣi me la gatɔa ɖe, si ameawo nya la, le wo si, si woyɔna be Baraba.


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite