Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 18:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Pilato ɖo ŋu bena: Nye la Yudatɔ menye mahã? Wò ŋutɔ wò dukɔ la kple nunɔlagãwoe tsɔ wò de asi nam, nuka newɔa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 18:35
14 Referans Kwoze  

amesi mekpɔ bena, wole enu tsom le woƒe se la ƒe anukutsyɔtsyɔwo ŋuti; gake nutsotsoa ɖeke mele eŋu, si dze ku alo bablawo o.


Ekema menye wòe nye Egiptetɔ ma, amesi na zi ta le ŋkeke siawo me, eye wòkplɔ hlɔ̃dola akpe ene yi gbedzi la oa?


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


Eye esi nunɔlagãwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti! Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplae yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti, elabena nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


eye wo kalã wobla be, yewoaho aɖawɔ ana kple Yerusalem, eye yewoaɖe ʋunyaʋunya eme.


Fia la nanyae be, Yudatɔ, siwo tso gbɔwò va mia gbɔ le Yerusalem la, gale du dzeaglã vɔ̃ɖi la tsom, wole gliawo nu flɔm, eye wole woƒe anyinɔwo ɖɔm ɖo.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Wò ŋutɔ ɖokuiwò si nele esia gblɔm le loo, alo ame bubuwoe gblɔ ŋutinye nya na wò mahã?


Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite