Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 18:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 18:28
33 Referans Kwoze  

eye wòyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe lɔ, eye wògblɔ na Yesu bena: Afika nètso? Ke Yesu meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Azɔ Pilato gayi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye wòyɔ Yesu, eye wògblɔ ne bena: Alo wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã?


Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!


Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la do, eye ame gedewo dzo le anyigba la dzi heyi Yerusalem, bena wòakɔ wo dokui ŋuti, hafi ŋutitoto la naɖo.


gblɔ bena: Ŋutsu aʋamatsomatsotɔwo gbɔ nèyi, eye neɖu nu kpli wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Ke kɔnuwɔwɔ le mia si bena, maɖe asi le ame ɖeka ŋuti na mi le ŋutitoto la dzi; mielɔ̃ azɔ bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã?


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


Eye nawu alẽwo kple nyiwo le ŋutitotoŋkekenyuie la dzi na Yehowa, wò Mawu la, le teƒe, si Yehowa atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ.


Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.


Ke asrafoawo kplɔe yi ɖe xɔ gã, si nye ʋɔnuɖrɔ̃ƒe la me, eye woyɔ asrafoha blibo la katã ƒo ƒu.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi la miaɖu ŋutitoto-ŋkekenyuie; miaɖui ŋkeke adre sɔŋ, eye woaɖu abolo maʋãmaʋã.


Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


Apayɔlawo le alɔme ɖem, eye wole aɖukli ɖum ɖe ŋunye.


eye wokplɔe yi Hana gbɔ gbã, elabena enye Kayafa, si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, ƒe to.


Eye Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu la dze Yesu yome. Ke nusrɔ̃la la enye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ, eye wòkpe ɖe Yesu ŋuti yi ɖe mɔ̃ la me.


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,


Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite