Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 18:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 18:12
17 Referans Kwoze  

Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Ke amesiwo lé Yesu la, kplɔe yi ɖe nunɔlagã Kayafa gbɔ, afisi agbalẽfialawo kple amegãwo kpe ta ɖo.


Azɔ esi wole Paulo kplɔ ge ayi mɔ̃a me la, egblɔ na aʋafia gã la bena: Ɖe mekpɔ ma agblɔ nyaa ɖe na wòa? Eye wògblɔ bena: Esea Hela-gbea?


Eye esi wole didim bena, yewoawui la, nya la ɖo asrafoha ƒe aʋafia gã la gbɔ bena: Yerusalem-du blibo la katã zu ʋunyaʋunya.


Eye esi wòlée la, wokplɔe heyi ɖe nunɔlagã la ƒe me. Ke Petro dze eyome ʋi gbɔna.


Eye enumake le ŋdikanya, esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kple agbalẽfialawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo katã de adaŋu la, wòbia Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato.


Eye wokplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã la gbɔ, eye nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu ɖe eŋuti.


eye wobiae, kplɔe yi ɖade asi na Pontio Pilato, mɔ̃mefia la.


Eye Filistitowo lee heŋɔ eƒe ŋkuwo, eye wokplɔe yi Gaza: wode akɔbli kɔsɔkɔsɔe, eye ele ne be, wòanɔ wɔ tum le gaxɔ me.


Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.


Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.


Yehowa enye Mawu, eye wòklẽ na mí. Mibla ŋkekenyuie vɔsalãwo kple ka de vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu!


Eye wotsɔ wo de gaxɔ, si le fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe xɔ, si me wode Yosef hãe la me.


Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti.


Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite