Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 17:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwo hã tɔnyee, eye wokɔ ŋutinye le wo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 17:10
16 Referans Kwoze  

Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.


Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme,


bene wòakɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ŋuti le mia me, eye wòakɔ miawo hã mia ŋuti le eyama me le mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nu.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


Eye Yudatɔ kple Helatɔ, siwo katã le Efeso la, se ale nya sia, eye vɔvɔ̃ dze wo katã dzi, eye wodo Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.


Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o.


Eye wokafu Mawu le tanye.


Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite