Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke esiawo megblɔ na mi, bena ne woƒe gaƒoƒo ɖo la, ne miaɖo ŋku wo dzi bena, nyee gblɔe na mi. Ke nyemegblɔ esiawo na mi tso gomedzedzea me o; elabena meli kpli mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:4
15 Referans Kwoze  

Eye azɔ megblɔe na mi, hafi ne wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase.


Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi!


Tso esia dzi la mele egblɔm na mi, hafi wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase bena nyee.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ la, womate ŋu atsi nu adɔ o.


Kpɔ ɖa, megblɔe ɖi na mi.


Elabena menyae bena, nye agbadɔ la ɖeɖeɖa la lilim, abe alesi mía Aƒetɔ Yesu Kristo hã ɖee fiam la ene.


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


Eye ne miele yiyim la, miɖe gbe ƒã gblɔ bena: „Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!“


abe alesi amesiwo kpɔ eteƒe kple ŋku tso gɔmedzedzea me ke, eye wonye nya la ƒe dɔlawo, tsɔe de asi na mí ene la, ta la,


Alo ɖe mieɖo ŋku edzi bena, esime megale mia gbɔ la, megblɔ nusiawo na mi oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite