Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Kpɔ ɖa, gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde vɔ, bena woaka mi ahlẽ, amesiame ayi ye ŋutɔ tɔ gbɔ, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi, hafi menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kpakplim.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:32
22 Referans Kwoze  

Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.“


Eye amesi dɔm ɖa la, li kplim, eye megblẽ nye ɖeka ɖi o: elabena nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.


Gake ne nye la medrɔ̃ ʋɔnu la, ele nyateƒe nu, elabena menye nye ɖekae li o, ke boŋ mía kple amesi dɔm ɖa lae.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽawo laka ahlẽ.“


Ke esiawo katã va me, bena woawu nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nu. Tete la nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesi.


Azɔ nusrɔ̃lawo gadzo yi woa ŋutɔwo ƒe me.


Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.


Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.


Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbeɖoɖala siawo tɔgbe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, xɔm se bena, gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o.


Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.


Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe:


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


Eye wo katã wogblẽe di hesi.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


Yesu ɖo ŋu na wo bena: Fifi ko miele exɔm le sesem mahã?


Emegbe la egblɔ na nusrɔ̃la ma bena: Kpɔ ɖa, dawòe nye esi! Eye tso gaƒoƒo ma ke dzi la nusrɔ̃la la kplɔ eyama yi ye ŋutɔ ƒe me.


eye esi míeklã mía nɔewo la, mieɖo ʋu, eye woawo gbugbɔ yi aƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite