Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame: megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:28
15 Referans Kwoze  

Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la,


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la, ne meɖi ɖase le nye ŋutɔ ɖokuinye ŋuti hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe; elabena menya afisi metso va kple afisi meyina; miawo la mienya afisi metso va alo; afisi meyina o.


Eye azɔ la meyina amesi dom ɖa la gbɔ, eye mia dometɔa ɖeke mebiam bena: Afika neyina o.


Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.


Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miagakpɔm; elabena meyina Fofoa gbɔ.


Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.


Eye wòva ve me, esime wòle wo yram la, wotee ɖa le wo gbɔ, eye wokɔe yi dziƒo.


Ke azɔ la megbɔna gbɔwò, eye mele nusiawo gblɔm le xexeame, bena nye dzidzɔ la nanɔ wo me, ayɔ wo fũ.


Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!


Ke eva ve me, esime ŋkekeawo le enu wu ge be, woakɔe ayi dziƒo la, eya ŋutɔ tsɔ eƒe ŋku ɖo Yerusalem yiyi dzi;


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu me va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa.


le dzodzoenyenye ŋuti, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o;


Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite