Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:24
17 Referans Kwoze  

Esiawo megblɔ na mi, bena nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nayɔ tu.


Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.


Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mo kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu, bene miaƒe dzidzɔ nazu blibo.


Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!


Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo.


Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.


Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Elabena egblɔ bena: Ne Esau ava dze akpa ɖeka dzi, eye woade zi wo me la, ekema akpa ɖeka nasi adzo.


Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.


Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o; mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.


Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite