Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:23
22 Referans Kwoze  

Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.


Eye nusianu, si ke míabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi;


Le ŋkeke ma me la miaɖe kuku le nye ŋkɔa dzi, eye nyemele egblɔm na mi bena, nye la mabia Fofo la ɖe mia nu o;


Le ŋkeke ma me la miadze sii bena, mele Fofonye me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me?


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.


Toma gblɔ ne bena: Aƒetɔ, mienya afisi nèyina o, eye aleke lawɔ mianya mɔ la mahã?


Yesu dze sii bena, wole didim be, yewoabiae, eye wògblɔ na wo bena: Alo esi megblɔ bena: Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miakpɔm la, esia ŋutie miele mia nɔewo biam ɖo mahã?


Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


Yuda, si menye Iskariot lae o la, gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, aleke wɔ bena, nèle ɖokuiwò ɖe ge afia miawo, eye menye xexeame o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite