Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:21
18 Referans Kwoze  

amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!


Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ!


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Zion-nyɔnuvi; ƒo togotogoe nalé ku abe uyɔnu, si le vi ɖzim la ene! Elabena ele na wò be, naʋu le ɖua me aɖanɔ gbedadaƒo, eye naɖe Babel ke; afima woaɖe wò le, eye afima Yehowa axɔ wò le wò fu-tɔwo si me le.


Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Dzi nadzo wò konɔ, si medzi vi o; tso aseye, eye nado ɣli, wò, amesi melé ku kpɔ o la; elabena amesi tsi akogo la, vi geɖe anɔ esi awu srɔ̃tɔ.“


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.


Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.


Woadzi vi, hafi woava lé ku, woadzi ŋutsuvi, hafi fu nava ɖu wo.


Azɔ nukaŋutl nẽle aƒa ɖom ale? Ɖe fiaa ɖeke megale me-wò o, eye adaŋudela bu ɖe wò, ale be nẽle ku lém abe nyɔnu, si le vi ɖzim la enea?


ekema àŋlɔ wò hiãkame be, eye wòanɔ ŋku dzi na wò abe tsi, si si va yi la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite