Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be miafa avi, eye miaxa nu, ke xexea me ya akpɔ dzidzɔ. Miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔkpɔkpɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:20
44 Referans Kwoze  

Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ,


Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Eya la yi ɖaka eta na amesiwo li kpakplii tsã la, siwo le konyi fam, eye wole avi fam la!


Elabena mafa dzi na luʋɔ, siwo ŋu nu te, eye maɖi ƒo na luʋɔ, siwo nu ti kɔ na.


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Ke miawo la miekpɔ mɔ bena, eyae nye amesi le Israel ɖe ge. Kpe ɖe esiawo katã ŋuti la egbee nye ŋkeke etɔ̃lia, tso esime nusiawo va ve me.


Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ!


Midzi kafukafuha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.


Eye wògblɔ na wo bena: Nya ka ƒomeviwo nye esi ŋuti miele dze ɖom le le mia nɔewo dome le miaƒe azɔlizɔzɔ me, eye miele nublanuinu wɔm ale?


Eye ameha gãa ɖe kple nyɔnu, siwo le konyi kple avi fam ne la, kplɔe ɖo.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Hafi boŋ, esi megblɔ esiawo na mi la, nuxaxa yɔ miaƒe dzi me fũ.


Eye Petro do go, eye wòfa avi vevie.


Eye esi wòtsi tre tso gbedodoɖa me la, eva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ̃ dɔm le nuxaxa ta;


Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.


Eye enumake la koklo ku atɔ zi evelia. Eye Petro ɖo ŋku nya la dzi, alesi Yesu gblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòƒu du do go, eye wòfa avi.


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.


Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.


Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.


Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


Eye esi wògblɔ esiawo la, etsɔ eƒe asiwò kple eƒe axada me hefiã wo. Ke esi nusrɔ̃lawo kpo Aƒetɔ la la, dzi dzo wo.


Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite