Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Yesu dze sii bena, wole didim be, yewoabiae, eye wògblɔ na wo bena: Alo esi megblɔ bena: Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miakpɔm la, esia ŋutie miele mia nɔewo biam ɖo mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma?

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:19
18 Referans Kwoze  

Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miagakpɔm; elabena meyina Fofoa gbɔ.


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.


Tete Yesu gblɔ bena: Manɔ anyi kpli mi ɣeyiɣi via ɖe ko, eye magblẽ mi ɖi ayi amesi dɔm ɖa la gbɔ.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Eyaŋuti migaɖi woawo o; elabena mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wova le ebiabia ŋuti.


Ke esi Yesu nya le ye ŋutɔ ɖokui me bena, eƒe nusrɔlawo le liʋiliʋi lim le esia ŋuti la, egblɔ na wo bena: Alo ɖe esia le nu ɖiam na mi mahã?


Tete wogblɔ bena: Nukae nye esia, si wògblɔ bena: Esusɔ ʋee mahã? Mienya nusi gblɔm wòle o.


Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.


Le ŋkeke ma me la miaɖe kuku le nye ŋkɔa dzi, eye nyemele egblɔm na mi bena, nye la mabia Fofo la ɖe mia nu o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite