Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi, gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 16:12
8 Referans Kwoze  

Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.


Eye wògblɔ nya fia wo le lododo sia ƒomevi geɖewo me, abe alesi wòanya se na wo ene.


amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.


Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o;


le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti, elabena wòdrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.


Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite