Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 15:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 15:6
20 Referans Kwoze  

Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, exe woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me,


Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Elabena ne wosi le xexeame ƒe makɔmakɔnyenye nu to sidzedze Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo me, eye wona wogalé wo le nu mawo ke me, eye wogaɖu wo dzi la, ekema woƒe anyinɔnɔ mamletɔ zu vɔ̃ na wo wu tsãtɔ.


ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ɖe wòadze edzia? De mava aho eƒe kewo, ne woaku, eƒe alɔ fẽwo naƒu, eye woatso eƒe tsetsewo oa? Menye ŋusẽ gã kple dukɔ geɖe wòle tsɔtsɔ ge ava ahoe kple ke o.


Ke wotsɔ wò ya ƒu gbe tso wò yɔdo gbɔ, abe atilɔ, si wotsɔ ƒu gbe, kple lã kuku, si wofanya kple afɔ la ene, eye ame tsiaʋa, siwo woda yii, eye woyi agu me kpewo gbɔ la, tsyɔ dziwò.


Mawu Zebaot, trɔ dzro, do kɔ ɖa tso dziƒo, kpɔ nu, eye galé ŋku ɖe weinka sia,


Masi le viviti nu o, dzoƒaɖe ana eƒe alɔwo naƒu, eye Mawu ƒe nu me ƒuƒu aɖee ɖa.


Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Elabena du sesẽ la tsi akogo, amenɔƒe ɖi aƒedo, eye wogblẽe ɖi abe gbegbe ene. Nyiviwo aɖu gbe le afima, woa-tsyo akɔ anyi ɖe afima, eye woaɖu eƒe alɔwo.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


ke boŋ amesi be, yeade asi wo ŋu la, ele be, woatso ga kple akplɔti ɖe asi, eye wòatɔ dzo wo ɖe wo teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite