Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 15:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ne nyaxɔɖakɔla va, amesi maɖo ɖe nu atso Fofo la gbɔ, nyateƒe la ƒe Gbɔgbɔ, si doa go tsoa Fofoa gbɔ la, eyama aɖi ɖase le ŋutinye;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 “Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi ɖase tso ŋutinye.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 15:26
14 Referans Kwoze  

Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.


Eye miawo la nya siawo ƒe ɖaseɖilawo míenye kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, si Mawu na amesiwo ɖoa toe.


Eye Mawu, si nya dziwo me la, ɖi ɖase na wo, le esime wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo, abe alesi wòna miawo hã ene;


Eye nye la mado Fofonye ƒe ŋugbedodo la ɖe mia dzi; ke miawo la minɔ Yerusalem-du la me, vaseɖe esime woatso ŋusẽ atso dziƒo ado na mi.


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


abe alesi woli ke Kristo ƒe ɖaseɖiɖi le mia me ene,


Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu me va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa.


Eye esi eya kpli wo ƒo ƒu la, ede se na wo be, woagadzo le Yerusalem o, ke boŋ woalala Fofo la ƒe ŋugbedodo, si miese tso nunye me;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite