Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 15:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 15:12
16 Referans Kwoze  

Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Ke le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo;


Ke miawo la, Aƒetɔ ana miatsi ɖe dzi ahagba go le lɔlɔ̃ na mia nɔewo kple amewo katã me, abe alesi míawo hã míele na mi la ene,


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


Ale Yehowa gblɔ esi: Melɔ̃ mi. Eye ne miebe: Nuka nètsɔ lɔ̃ mí hã la, ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe menye Yakob nɔvie nye Esau oa? Melɔ̃ Yakob,


Esiawo ƒe se dem mele na mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo.


Eye azɔ la mele kuku ɖem na wò, aƒenɔ — menye se yeye wònye meŋlɔ ɖo ɖe wò o, ke boŋ esi le mía si tso gɔmedzedzea me lae — bena míalɔ̃ mia nɔewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite