Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 14:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ɖe mienyam la, ne mienya Fofonye hã, eye tso esia dzi la míenyae, eye miekpɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye, eye miekpɔe hã!”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 14:7
21 Referans Kwoze  

Tete wogblɔ nɛ bena: Afika fofowò la le? Yesu ɖo ŋu bena; Mienya mía kple Fofonye o. Ɖe mienyam la, mianya Fofonye hã.


Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ bena: Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe tso xexeame nam. Towo wonye, eye netsɔ wo nam, eye wole wò nya la me ɖe asi.


Fofowo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me. Ɖeka kpuiwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. Ɖeviwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya Fofo la.


eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã mana woawo me.


Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene.


bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Menye bena, amea ɖee kpɔ Fofo la kpɔ o, negbe amesi tso Mawu gbɔ la, eyae kpɔ Fofo la.


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite